Acts 12

Woɖe Petro le gaxɔme nukutɔe

1Le ɣemaɣi me la fia Herodes lé hamevi aɖewo heɖoe be yeawɔ fu wo le xɔse la ta. 2Ale wòwu Yakobo, Yohanes nɔvi la, kple yi.

3Herodes kpɔ be nuwɔna sia do dzidzɔ na Yudatɔwo ƒe dumemegãwo ŋutɔ eya ta ena wolé Petro hã le esime wonɔ Ŋutitotoŋkeke la ɖum, eye wòdee gaxɔ me. 4Ena asrafo wuiade nɔ eŋu dzɔm. Herodes ɖoe be ne woɖu Ŋutitotoŋkekea vɔ la, yeaɖe asi le Petro ŋu na Yudatɔwo woadrɔ̃ ʋɔnui eye woawui. 5Ke hamea katã nɔ gbe dom ɖa vevie atraɖii na Mawu be Petro nanɔ dedie le gaxɔa me.

6Le zã si do ŋgɔ na gbe si gbe woɖo be woawu Petro me la, Petro nɔ alɔ̃ dɔm le asrafo eve dome. Wode ga asi nɛ sesĩe. Asrafo bubuwo hã ganɔ gaxɔa ƒe agbonu dzɔm. 7Kasia Aƒetɔ ƒe dɔla aɖe va do eye Kekeli klẽ ɖe gaxɔ la me. Dɔla la ƒo Petro ƒe axame henyɔe tso alɔ̃ me. Egblɔ nɛ be, “Netsɔ, tsi tre!” Enumake gakɔsɔkɔsɔ la ge le Petro ƒe alɔnu.

8Tete mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Do wò awuwo kple wò afɔkpa.” Petro wɔ nenema eye mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Bla wò alidzi sesĩe ne nàdze yonyeme.”

9Petro wɔ abe ale si mawudɔla la gblɔ nɛ la ene eye wòdze eyome do go le gaxɔa me. Nu siwo nɔ dzɔdzɔm la wɔ na Petro abe drɔ̃e kum wònɔ alo ŋutega kpɔm wònɔ ene. Mexɔe se be kodzogbe yenɔ o. 10Wozɔ to agbo gbãtɔ eveawo me bɔbɔe eye esi wova ɖo agbo ga mamlɛa si wotsɔ gakpo wɔe gbɔ la, agboa ŋutɔ ʋu le eɖokui si ale be wodo go hege ɖe dua ƒe ablɔ ŋutɔ dzi. Esi wogazɔ yi ŋgɔgbe vie ko la, mawudɔla la bu le Petro gbɔ.

11Azɔ ko hafi Petro nya nu si tututu dzɔ eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyateƒe, Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòva ɖem le Herodes kple Yudatɔwo ƒe tame vɔ̃ si woɖo ɖe ŋunye la me.” 12Petro nɔ tsitre, bu tame sẽ, eye wòɖoe be yeayi Maria si nye Marko Yohanes dada ƒeme, afi si hametɔ geɖewo ƒo ƒu ɖo, henɔ gbe dom ɖa le.

13Esi Petro va ɖo aƒea ƒe agbo nu la eƒo ʋɔa eye nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Roda la va be yeaʋui. Ke gbã la, ebia ame si nɔ ʋɔa ƒom la ƒe ŋkɔ ta se. 14Esi Roda se Petro ƒe gbe le agboa godo la dzi dzɔe ale gbegbe be wòƒu du yi ɖe aƒea me ɖagblɔe na ƒuƒoƒea be Petro va le agboa nu le eƒom. 15Ameawo mexɔ nyɔnuvia ƒe nya sia dzi se o eye ame aɖewo gblɔ nɛ gɔ̃ be, “Ewɔ abe ɖe wò susu da ene.” Ke eganɔ gbe tem ɖe edzi na ameawo be Petro ƒe gbee yese. Ale wogblɔ be, “Ɖewohĩ eƒe dzikpɔdɔlae le agboa nu.” Elabena woxɔe se be wowui xoxo.

16Ke Petro ganɔ ʋɔa ƒoƒo dzi ŋusẽtɔe. Mlɔeba la, woyi ɖaʋu agboa eye esi wokpɔ Petro la gbɔgblɔ bu ɖe wo ŋutɔ. 17Petro bia tso wo si be woazi ɖoɖoe kpoo ale wògblɔ ale si Mawu ɖee le gaxɔa me la na wo. Ebia tso wo si be woana Yakobo kple ame mamlɛawo nanya nu le nu si dzɔ la ŋu eye eya ŋutɔ dzo yi teƒe bubu afi si wòanɔ dedie le.

18Le fɔŋli me la zi gã aɖe tɔ le gaxɔa me. Ame aɖeke menya afi si Petro to o. 19Esi Herodes dɔ ame ɖo ɖa be woakplɔ Petro vɛ eye womekpɔe o la, ena wolé asrafo wuiadeawo katã drɔ̃ ʋɔnu wo eye wotso kufia na wo hewu wo enumake. Le esia megbe la Herodes dzo yi ɖanɔ Kaisarea vie.

Herodes ƒe ku

20Le esime Herodes nɔ Kaisarea la, ame dɔdɔ aɖewo tso Tiro kple Sidon va egbɔ. Herodes melɔ̃a Tiro kple Sidontɔwo ƒe nya kura o. Le esia ta ame dɔdɔawo va dze xɔlɔ̃ Blasto si nye agbalẽŋlɔla gã le fia la ƒeme gbɔ eye wobia tso esi be wòaɖe kuku na Herodes ɖe yewo nu ale be ŋutifafa nava yewo kple fia la dome. Esia hiã vevie elabena Tiro kple Sidontɔwo kpɔa woƒe nunyiame tso dukɔ siwo dzi ɖum Herodes le la gbɔ. 21Woɖo ŋkeke na ame dɔdɔawo be woava kpɔ Herodes, esi ŋkekea ɖo la, wova ƒo ƒu, eye Herodes do eƒe fiawu nɔ eƒe fiazikpui dzi, heƒo nu na amehawo. 22Esi wòƒo nu vɔ la, amehawo do ɣli kple dzidzɔ heda ŋkɔ ɖe Herodes dzi be, “Eƒo nu abe mawu aɖe ene eye menye abe amegbetɔ ene o.” Esia na be dzi dzɔ Herodes ŋutɔ eye wòkɔ eɖokui ɖe dzi hlodzoo.

23Enumake, mawudɔla aɖe ƒo Herodes eye wòna dɔléle aɖe dze edzi. Ŋɔ viwo ge ɖe eƒe lãme eye woɖui wòku, elabena elɔ̃ be amewo nasubɔ ye le esi wòatsɔ bubu na Mawu teƒe.

24Le ɣeyiɣi siawo me la nyanyui la nɔ ta kekem alɔtsɔtsɔe eye ame geɖewo trɔ zu xɔsetɔwo.

25Barnaba kple Saul gaɖi tsa va Yerusalem eye esi wowu dɔ si wɔ ge woyi nu tete ko la wogatrɔ dzo yi Antrioxia eye wokplɔ Marko Yohanes hã yii.

Copyright information for EweBEE